Psalmowo 150:1-6 AL
[1] Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me. [2] Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta. [3] Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui. [4] Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku. [5] Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe. [6] Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!
https://bible.com/bible/1613/psa.150.1-6.AL